Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:7
20 Mawu Ofanana  

Dukɔ kple dukɔ kpe, eye ɖu kple du kpe, elabena Mawu tsɔ hiã vovovowo do ŋɔdzi na wo.


Eye mado avu na Egipte kple Egipte, nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe, ne woawo ana kple wo nɔewo.


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Yerusalem ƒe dzidzenu dze ɖusi me nɛ, ne woatu gligbãnu, woake nu ado ɣli, eye woatso ayiboopɛ sesĩe, woatu gligbãnu ɖe eƒe agbowo ŋu, woaƒu kpo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo.


Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.


eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.


Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu, eye dzesiwo nado ɖe anyigba dzi, ʋu kple dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.


Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi.


Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa