Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

48 “Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:48
18 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Elabena bometsila gblɔa bometsinya, eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne wòawɔ nu tovo ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu, wòana dɔwuitɔwo natsi domeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo.


Amevi, nya ka ƒomevi enye ekem gblɔm miele le Israel-nyigba dzi be, ɣeyiɣiawo gbɔ metsɔ o, eye ŋutegawo katã nu tso?


Amevi, kpɔ ɖa, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: Ŋkeke nanewo ŋue wòle ŋutega kpɔm ɖo, eye gbaɖegbe ŋue wòle nya gblɔm ɖi ɖo.


Tete eƒe aƒetɔ la yɔe va egbɔ, gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la;


Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.


eye woade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo,


Eƒe aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ! Ɖe nènyae bena, meŋea nu le afisi nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afisi nyemewu nu ɖo o mahã?


Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.


Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa