Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:39
18 Mawu Ofanana  

Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe.


„Woƒom, ke mevem o; wotu kɔm, nyemesee o. Ɣekaɣi gɔ manyɔ, ne magaɖi eyome mɔ?“


Ne ègblɔ be: „Míenyae o“ la, kpɔ ɖa, amesi da dziwo kpɔna la, adze sii, eye amesi ɖea ŋku ɖe wò luʋɔ la, anyae, eye wòaɖo eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu.


Ame dzɔdzɔe nyaa ame dahèwo ƒe nya me na wo, ke ame vɔ̃ɖi masea sidzedze gome o.


Etrɔ eƒe dziku ƒe dɔmedzoe kple aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe wo dzi, eye wòlé dzo bi ƒo xlã wo, ke womedze sii o, efiã wo, ke mede dzi gbɔ na wo o.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo no la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Ekema ame eve woano aba me; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi;


eye woaxlã wo kple viwò, siwo le mewo la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewo o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.


Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.


„Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃, elabena nye la mele ɖaa ɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne amea ɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.“


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Ŋutsu aʋawɔla akpe ewo tso Israel blibo la me va Gibea kasa, eye aʋa la nu sẽ ŋutɔ; ke woawo menyae bena, dzɔgbevɔ̃e le dzɔdzɔ ge ɖe yewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa