Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 “Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:29
21 Mawu Ofanana  

hafi ne ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo naɖo viviti, eye alilikpo nagatrɔ ava le tsidzadza megbe;


Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o.


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


De menye vivitie nye Yehowa ƒe ŋkeke la, eye menye kekeli oa, ɖe menye blukɔ wònye, eye eme mekɔ oa?


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa