25 Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi.
25 Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!
Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.
Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.
Eyaŋuti ne woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, ele gbedzi, migayi o; kpɔ ɖa, ele xɔgã me, migaxɔe se o.
Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi.
Esiawo megblɔ na mi, bena woagaɖia mia nu o.
Megblɔe xoxo, eye megale egblɔm ɖi, alesi menɔ mia gbɔ zi eveliae la, nenema kee nye fifia hã, esi nyemele mia gbɔ o la, mele egblɔm na amesiwo wɔ nuvɔ̃ tsã kple ame susɔeawo katã bena, ne magava la, nyemakpɔ nublanui o.