Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 24:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 24:21
20 Mawu Ofanana  

eye mawɔ nu mawɔkpɔa ɖe ŋuwò le wò ŋunyɔnuwo katã ta, nusi tɔgbe nyemegale wɔwɔ ge o.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Mi amegã ɖeɖiwo, mise nya sia, eye mi anyigbadzitɔwo katã, miƒu to anyi! Ɖe esia tɔgbe dzɔ le mia ŋɔli alo le mia fofowo ŋɔli kpɔa?


Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Ke miɖo gbe ɖa bena, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo Sabat-ŋkeke dzi o.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Eye dzikedzowo kple gbeɖidiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu gãa ɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la, va dzɔ, ale anyigbaʋuʋu gã ŋutɔ sia tɔgbe va dzɔ.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa