12 Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.
12 Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi.
Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.
Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.
Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.
Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!
Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo.