Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:9
16 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi do, si me Elisa alo aku la, dze edzi. Tete Israel-fia Yoas yi egbɔ, eye wòfa avi le egbɔ gblɔ bena: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!


Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me.


Esi Israel-fia kpɔ wo la, egblɔ na Elisa bena: Fofonye, madza woa? Madza woa, fofonye?


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.


Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.


Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?


Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“


Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa