Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:8
34 Mawu Ofanana  

Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.


kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.


Eye Yuda, amesi fia eyome ma la, xɔ edzi gblɔ bena: Nyea, Rabi? Egblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.


Eye enumake wote ɖe Yesu, ŋu, eye wògblɔ bena. Rabi, fiẽ na wò loo! Eye wògbugbɔ nu nɛ.


Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu.


Eye Petro ɖo ŋku edzi gblɔ nɛ bena: Rabi, kpɔ ɖa, gboti, si neƒo fi ɖee la yrɔ.


Eye esi wova la, enumake wote ɖe eŋu gblɔ bena: Rabi! eye wògbugbɔ nu nɛ.


Eye Petro xa edzi gblɔ na Yesu bena: Rabi, enyo na mi bena, miano afisia, eye miawo agbadɔ etɔ̃, tɔwò ɖeka, Mose to ɖeka kple Eliya to ɖeka.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Nusiawo gblɔ ne bena: Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo ɖi be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?


Yesu gblɔ nɛ bena: Maria! Ke esi wòtrɔ eɖokui la, egblɔ nɛ le Hebri-gbe me bena: Rabuni! si gɔmee nye nufiala.


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ.


Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.


Eye esi wokpɔe le ƒua godo la, wogblɔ nɛ bena; Rabi, ɣekaɣi nèva afisia?


Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wo nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã?


menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ,


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa