Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:35
22 Mawu Ofanana  

Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.


Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.


hekpe ɖe ʋu maɖifɔ, si wòkɔ ɖe anyi, eye wotsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la ŋuti; eyata Yehowa meba, yeatsɔe ake o.


Midzra wuƒe ɖo hena viawo le wo fofowo ƒe vodada ta. Womegatso, ne woaxɔ anyigba la, eye woatsɔ anyiglãgowo ayɔ xexeame o.


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu hã le wò avɔ toga. Menye fifiƒe mekpɔ wò le o, ke boŋ le teƒe siawo katã.


Ke ne miewum la, ekema minyae be, miehe ʋu maɖifɔ va mia ɖokui kple du sia kpakple emenɔlawo dzi; elabena nyateƒe Yehowa dom ɖe mi, be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.


Wokplɔ Uriya tso Egipte vɛ na fia Yoyakim, eye wòwui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe dukɔ hahoo la ƒe yɔdowo dzi.


Eye esi Yeremya mekpɔ ɖe nu le nya, siwo katã Yehowa de esi, be wòagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ me o la, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ bena: Àku kokoko!


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:


Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.


tso Abel ƒe ʋu dzi vaseɖe Zaxarya, amesi wowu le vɔsamlekpui kple xɔ la domee la, ƒe ʋu la dzi. Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Woabiae atso dzidzime sia si me.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa