32 Miawo hã miyɔ mia fofowo ƒe dzidzenu la nu!
32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.
Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.
wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;
ke womeɖo tom o, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o, ke boŋ wosẽ ʋume, eye wogblẽ wu wo fofowo.
Màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa, amevi, màdrɔ ʋɔnu wo oa? Ɖe wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwo fia wo!
Azɔ mi nuvɔ̃wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miexɔ ɖe mia fofowo teƒe, be Yehowa nagado dɔmedzoe ɖe Israel ŋu awu.
Alea mieɖia ɖase le mia ɖokui ŋuti bena, míenye amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.
Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?
esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.