Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Alea mieɖia ɖase le mia ɖokui ŋuti bena, míenye amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:31
11 Mawu Ofanana  

Tete Mawu te wo kple da, eye woxɔ abi enumake.


Eva me le woƒe nyagblɔɖilawo ƒe nuvɔ̃wo kple woƒe nunɔlawo ƒe vodadawo la, amesiwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe anyi le eme.


hegblɔna bena: Ɖe mieli le mia fofowo ŋɔli la, ne miewɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe nu la me o.


Miawo hã miyɔ mia fofowo ƒe dzidzenu la nu!


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mia ŋutɔwoe nye ɖasefo na mia ɖokui be, mietia Yehowa, be miasubɔ. Woɖo ŋu be: Ẽ, mia ŋu tɔwoe nye ɖasefo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa