Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo, miele tagbatsu tsyɔm, ke kposɔ miemina.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:24
11 Mawu Ofanana  

Eyata Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le woƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye ame vɔ̃ɖiwo kple nu tovo wɔlawo, eye nusianu gblɔa nya gbegblẽ. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee.


Baba na mi mɔfiala ŋkuagbãtɔ, siwo gblɔna bena: Amesi ke ata mawuƒe la, eya menye naneke o; ke amesi ke ata mawuƒe me sika la, eyae nyi fe.


Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Tete la wo katã gaɖo ɣli gblɔ bena: Menye amesia o, ke boŋ Baraba. Ke Baraba la adzodalae.


Ke anyigba xɔ na nyɔnua, eye anyigba ke nu, eye wono tɔsisi, si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa