Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:15
17 Mawu Ofanana  

Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa?


Eye esi ƒuƒoƒemetɔwo ka la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖe dze Paulo kple Barnaba yome, amesiwo ƒo nu na wo, eye wode dzi ƒo na wo bena, woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.


Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum.


Frigia kple Pamfilia. Egipte kple Libia-nutowo me, si le Kirene gbɔ, kple amesiwo nye amedzrowo tso Roma, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo,


Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,


Alesi wole ŋu ʋãm le mia ŋuti la, menyo o; ke boŋ wole didim be, yewoasa mi ɖe aga, bene miaʋã ŋu le yewo ŋuti.


Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.


amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa