Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!]

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:14
14 Mawu Ofanana  

Eɖo ahosiwo ɖa asi gbɔlo, eye wogbã alɔ na tsyɔeviwo.


Ɖe mete ame dahewo ƒe nudidi wo, eye mene nu ti kɔ na ahosiwo ƒe ŋkuwoa?


Ne ete wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la,


Gake megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom-nyigba le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe wò ene o.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


Elabena amesiawo dome amea ɖewo li, siwo gena ɖe aƒewo me dzaa, eye woɖea aboyo nyɔnu abunetɔ, siwo yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ, eye nudzodzro bubu ƒomevi geɖewo kplɔa wo yinɛ,


Elabena tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li, vevietɔ le aʋatsotsotɔwo dome,


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa