Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 23:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o. [

Onani mutuwo Koperani




Mateo 23:13
25 Mawu Ofanana  

Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ?


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


Baba na mi mɔfiala ŋkuagbãtɔ, siwo gblɔna bena: Amesi ke ata mawuƒe la, eya menye naneke o; ke amesi ke ata mawuƒe me sika la, eyae nyi fe.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieɖɔa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo, eye miewɔa leke na ame dzɔdzɔewo ƒe ɖiƒewo


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.


Esiawo eƒe dzilawo gblɔ, elabena wovi Yudatɔwo; elabena Yudatɔwo ɖo ɖe anyi xoxoxo bena, ne amea ɖe katse ʋu eyama me bena, Kristo wònye la, ekema yewoaɖee le yewoƒe ha me.


Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.


Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuvɔ̃ me pete wodzi wò ɖo, eye wòa nèle nu fiãm mi mahã? Eye wonyae do goe.


Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o.


wò hã kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eyama ŋuti; elabena etsi tre ɖe míaƒe nyawo ŋuti ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa