Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 22:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke womebui nɛ o, eye wodzo heyi, ame ɖeka yi eƒe abɔ me, eye ame bubu yi eƒe adzɔ do ge.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 22:5
21 Mawu Ofanana  

Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.


Eye Yakob tsɔ abolo kple bɔbɔ na Esau. Tete wòɖu nu no nu, eye wòtso dzo. Ale wo, eye Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye enye esi.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.


Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.


eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!


Ke bubuwo le alɔme ɖem ɖe wo ŋu gblɔ bena: Aha yeye le wo mum.


Ke esi wòle dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la, ŋutinya gblɔm la, dzidzi ƒo Felike, eye wòɖo ŋu bena: Azɔ la heyi egbɔ: ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ.


Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?


Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa;


yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu,


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa