35 Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:
35 eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be,
Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!
Nufiala, se ka nye vevito le sea me mahã?
Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?
Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.
Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi.
Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.
Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.
Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o.