Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 22:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 22:18
15 Mawu Ofanana  

Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?


Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã?


Mifia nudzɔsika lam. Eye wotsɔ denario la va fiae.


Eye wògadɔ bubu ɖa; eye wowu eya kple ame bubu geɖewo, eye woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo.


Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?


Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?


Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã?


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Ke esi Yesu kpo woƒe dzimesusuwo la, etso ɖevia ɖe ɖo exa;


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa