Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 22:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta, eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu, alée la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 22:15
14 Mawu Ofanana  

Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Nye futɔwo le nu vɔ̃ ƒom ɖe ŋunye be: Ɣekaɣi ga wòaku, eye eƒe ŋkɔ nabu?


Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!


Ɖem tso nu vlo wɔlawo si me, eye naxɔm tso hlɔmewo si me!


amesiwo tsɔa nya blea amewo dea nuvɔ̃ me le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, wotrea mɔ̃ na nyadrɔ̃la le ʋɔnu, eye wotsɔa alakpadada ƒua ame dzɔdzɔe anyi.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.


Ke megblɔ esia le mia ŋutɔwo miaƒe viɖe ta, menye bene maɖe mi kple ka o; ke boŋ bene mianɔ kɔnuwɔwɔ nyui kple Aƒetɔ ŋunɔnɔ tututu dzi, alesi dze, eye naneke nagahe mi ɖa o.


Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa