Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 22:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nenem dɔla mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo amesiame, si wokpɔ la, nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 “Dɔlawo wɔ ɖe nya sia dzi, eye eteƒe medidi o, wokplɔ amewo vɛ fũu, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃ la ŋu yɔ fũu kple amewo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 22:10
15 Mawu Ofanana  

ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo;


Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke míakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.


Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa