4 Ke nusia va me, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:
4 Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,
Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.
Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:
Eye ne amea ɖe agblɔ nane na mi la, migblɔ bena: Aƒetɔ la le wo hiãm, eye enumake adɔ wo ɖa.
Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu. Tete la nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi.
Tete wokplɔ tedzivi la va Yesu gbɔ, eye wotsɔ woƒe avɔwo ɖo edzi; eye wòbɔbɔ nɔ edzi.
Eye wokplɔe vɛ na Yesu; eye wotsɔ woƒe avɔwo ɖo tedzivi la dzi, eye wokɔ Yesu ɖo edzi.
Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la,
„Megavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi, kpɔ ɖa, wò fia la nɔ tedzivia ɖe dzi gbɔna!“