Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 21:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Tete wòlée hetu asi ʋume nɛ do go tso weingble la me, eye wowui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 21:39
16 Mawu Ofanana  

Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Azɔ ne weingbleatɔ ava la, nuka wòawɔ agbledela mawo mahã?


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Xɔ̃, nukaŋuti neva ɖo? Tete wote ɖe: eŋuti, eye wotsɔ woƒe asiwo do Yesu dzi, eye wòlée kpli.


Ke amesiwo lé Yesu la, kplɔe yi ɖe nunɔlagã Kayafa gbɔ, afisi agbalẽfialawo kple amegãwo kpe ta ɖo.


Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,


Azɔ Hana ɖoe ɖe Kayafa, nunɔlagã la gbɔ bablae.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa