Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 21:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 “Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 21:34
20 Mawu Ofanana  

Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.


Ke agbledelawo lé eƒe dolawo, woƒo ame ɖeka, wowu ame ɖeka, eye woƒu kpe ame ɖeka.


Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Azɔ ne weingbleatɔ ava la, nuka wòawɔ agbledela mawo mahã?


Wogblɔ ne bena: Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.


eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o.


Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


Tete agbledela mawo gblɔ na wo nɔewo bena: Esiae nye domenyila la, miva, ne miawui, eye domenyinyi la nazu mia to.


Azã nuka weingble la ƒe aƒetɔ awɔ mahã? Ava, eye woatsrɔ̃ agbledelawo, eye wòatsɔ weingble la aɖe asi na ame bubuwo.


Eye wòde asi lo sia dodo me na dukɔ la bena: Amea ɖe de weingble, eye woɖee asi na agbleŋlɔlawo, eye wòyi nugbe eteƒe didi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa