Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 21:23
12 Mawu Ofanana  

Ke eya ɖo ŋu bena: Amekae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe, yeawu nye hã, abe alesi nèwu Egiptetɔ la enea? Tete Mose ɖe asi vɔvɔ̃ me, elabena ekpɔ bena, nya la ɖi wose.


eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi.


Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Nye hã mabia nya ɖeka mi, eye ne miegblɔe nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawo la, na mi:


Eye esi Yesu do go la, egblẽ mawuƒe la ɖi dzo yina, eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ, bena woafia mawuxɔ ƒe tutumewoe.


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;


Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,


Eye esi wotso wo ɖo titina la, wòbia bena: Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?


Ke amesi le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe xɔlɔ̃via ŋu la, tu asii ɖa gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula alo ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa