17 Eye wògblẽ wo ɖi do go tso dua me yi ɖe Betania, eye wòtsi afima dɔ.
17 Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.
Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o.
Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.
Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.
Esi Yesu le Betania le Simon, dzɔbutɔ la ƒe me la,
Eye esi wogogo Yerusalem te ɖe Betfage kple Betania ŋu le Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve;
Eye wòyi Yerusalem ɖe mawuƒe la me, eye esi wòtsa ŋku nuwo katã godoo, eye fiẽsi le ɖoɖom la, eyi ɖe Betania kple ame wuieve la.
Eye ne fiẽsi ɖo la, edoa go le dua me.
Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me.
Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome.
Eye wòva ve me le woƒe mɔzɔzɔ me bena, eyi ɖe kɔƒea ɖe me; eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Marta la, xɔe ɖe eƒe me.
Eye wòva ve me, esi wògogo Betfage kple Betania le to, si woyɔna be Amito la ŋuti la, edo eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve
Eye wòkplɔ wo do go vaseɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.
Eye amea ɖe le dɔ lém, eŋkɔe nye Lazaro tso Betania, si nye Maria kple nɔvianyɔnu Marta ƒe kɔƒe la.
Ke Betania te ɖe Yerusalem ŋu, eƒe didime anɔ stadio wuiatɔ̃;