Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 20:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke esi ame ewo la see la, eve dɔme na wo ɖe nɔvi eveawo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 20:24
13 Mawu Ofanana  

Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Egblɔ na wo bena: Ele me bena, miano nye kplu la, eye mawutsi, si woade ta nam la, woadee ta na miawo hã; ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi me kple mia me la, eya menye tonye be, mana o, negbe amesiwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la ko.


Ke Yesu ya wo va egbɔ gblɔ bena: Mienya bena, dukɔwo ƒe dziɖulawo nye aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amegãwo kpo ŋusẽ ɖe wo dzi.


Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.


Eye esi ame ewo la see la, ede asi dɔmeveve me na wo le Yakobo kple Yohanes ŋuti.


Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.


Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa