Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã nu ƒu la, edzro me bia wo afisi wodzi Kristo la le.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Esia ta Fia Herod yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu, eye wòbia du si me woadzi Kristo le la wo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:4
30 Mawu Ofanana  

do agbatsɔlawo nu, woawoe nye dɔ vovovoawo wɔlawo ƒe dzikpɔlawo, eye agbalẽŋlɔlawo, dɔnunɔlawo kple agbonudzɔlawo tso Lewi-viwo dome.


Tete Xilkiya xɔ edzi gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Metɔ segbalẽ la le Yehowa-ƒe me! Eye Xilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan.


Eye nunɔlawo ƒe amegãwo katã hã kple dukɔ la wɔ nu tovo geɖe le dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã nu, eye wodo gu Yehowa ƒe aƒe, si ŋu wòka le Yerusalem.


Tete Ezra tsi tre, eye wona, amegã, siwo tso nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ blibo la: dome la, woka atam be, yewoawɔ ɖe nya siawo nu. Eye woka atam la.


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


Salu, Amok, Xilkiya kple Yedaya. Amesiawo nye nunɔlawo kple wo nɔviwo ƒe tatɔwo le Yesua ŋɔli.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Aleke miate ŋu ano gbɔgblɔm be, nunyalawo yewonye, eye Yehowa ƒe se la le yewo si me? Kpɔ ɖa, vavãe agbalẽnyalawo ƒe nuŋlɔnu trae wo aʋatsoe.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Eye wògblɔ na wo bena: Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.


Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo.


Eye wogblɔ nɛ be: Le Betlexem le Yudea, elabena nenema woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi bena:


Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.


Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã, si ŋkɔ nye Kayafa la, ƒe mɔ̃ la me;


Eye esi wòbe, yeaɖe nu le eme kasia la, kpɔ ɖa, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va; do, eye ameha gãa ɖe le eyome kple yiwo kple kpowo tso nunɔlagã kple ɖumegãwo gbɔ.


Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui;


elabena ele nu fiãm wo abe amesi si ŋusẽ le ene, eye menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.


Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo le tsitre hele enu tsom vevie.


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée.


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo kplɔ nyɔnua ɖe, si wolé le ahasiwɔwɔ me la, va egbɔ, eye wotsɔe ɖo titina


Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Eye wòva me le ŋdi bena, woƒe dziɖulawo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe Yerusalem,


Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa