21 Tete wòfɔ hekplɔ ɖevi la kple dadaa va Israel-nyigba dzii.
21 Ale Yosef tso enumake, eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israelnyigba dzi.
Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.
gblɔ bena: Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.
Ke esi wose bena, Arxelao ɖu fia le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la, evɔ̃ afimayiyi; ke esi wònyè Mawue gblɔe nɛ le drɔ̃eƒe ta la, edzo heyi Galilea-nutowo me:
Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.