Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 „Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli geɖe; Raxel le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m bena, woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 “Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi le viawo ta, eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo megali o.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 2:18
12 Mawu Ofanana  

eye esi wògatrɔ va nɔviawo gbɔ la, egblɔ bena: Ɖevia megali o; azɔ afika nye la mayi?


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Ke ne ŋutsu ku la, emlɔa anyi drana ɖi, eye ne amegbetɔ mia nu la, afika wògale?


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Eye wòkekee ɖe ŋkunye me, woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo, eye woŋlɔ konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo ɖe eme.


Ale wowu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila Yeremya dzi la nu bena:


Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.


Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa