Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:7
9 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.


Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!


Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me.


nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.


Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.


Wogblɔ hã bena: Amesi aɖe asi le srɔ̃a ŋu la, nena kaklãgbalẽe;


Ke wogblɔ bena: Mose ɖe mɔ bena, woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, eye woaɖe asi le eŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa