Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:29
25 Mawu Ofanana  

nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.


Elabena amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe.


Eye kpɔ ɖa, amea ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, nu nyui ka mawɔ, ne makpɔ agbe mavɔ mahã?


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Eye esi woku ʋuawo va ƒo ɖe go la, wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.


Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.


Ɖe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia nu tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.


Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.


Elabena eƒe ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo, eye womexɔa naneke le trɔ̃subɔlawo si o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa