Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:28
35 Mawu Ofanana  

Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Dzata wuieve le tsitre ɖe atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi le afi kple afi; womewɔ esia tɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o.


Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le mawuxɔ la ŋutikɔkɔ me, eye wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe ɖe Israel blibo la ta.


Eyome wova Elim. Afima vudo wuieve kple deti blaadre le; eye woƒu asaɖa anyi ɖe afima le tsia gbɔ.


Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã, eye wòtso ŋdi kanya ɖaɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo dzesikpe wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu ɖe to la te.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o;


Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.


Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Tete Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía to mahã?


Eye wògblɔ ne bena; Nuka dim nèle? Egblɔ nɛ bena: Na bena, nye ŋutsuvi eve siawo nabɔbɔ nɔ anyi, ɖeka nanɔ wò nuɖusi me, eye ɖeka nanɔ wò mia me le wò fiaɖuƒe la me.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


Ke wogblɔ nɛ bena: Na bena, mia dome ame ɖeka nabɔbɔ nɔ anyi ɖe wò nuɖusi me, eye ɖeka hã nanɔ wò mia me le wò ŋutikɔkɔe la me.


Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Eyata miɖe ŋutsu wuieve le Israel ƒe toawo me, to ɖeka ame ɖeka.


Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.


Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu


Eye wokpɔ dzesi gãa ɖe le dziƒo: Nyɔnua ele do ɣe, eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye ɣleti wuieve ƒe fiakuku le eta,


Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.


Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.


Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa