Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:23
25 Mawu Ofanana  

Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Ke esi ɖekakpui la see la, edzo yi kple nuxaxa: elabena nu geɖe le esi.


Ame eve siawo dometɔ kae wo fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mahã? Wogblɔ bena: Gbãtɔ lae. Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!


Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi.


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Elabena nɔviwò, mikpɔ mia yɔyɔ la ɖa bena, menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o, menye ŋusẽtɔ geɖewo o, menye bubume geɖewo o;


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa