Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 19:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke esi ɖekakpui la see la, edzo yi kple nuxaxa: elabena nu geɖe le esi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 19:22
17 Mawu Ofanana  

tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ,


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.


Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Ke eto mo le nya sia ŋuti hedzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.


Eye wòve fia la ŋutɔ; gake la le eƒe atamkaka kple amesiwo le kplɔa ŋuti kpakplii ta la melɔ̃ be, yeagbe enana o.


Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa