Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la!

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:7
30 Mawu Ofanana  

Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Womate ŋu axe mo na nuɖiaɖiawo ƒe vava o; gake baba na amesi dzi woato ava.


Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.


Ame alesi nu le dɔlanyenye ƒe kɔkuti te la, nabu woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo be, wodze bubu katã, bena woagagblɔ busunya de Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋuti o.


woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.


Eye dɔlawo ƒe vodada sɔ gbɔ le Yehowa ŋku me, elabena woɖi gbɔ Yehowa ƒe vɔsa le ameawo ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa