Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 “Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:28
15 Mawu Ofanana  

Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.


Tete mede ŋugble, eye mehe nye ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu gblɔ nu wo bena: Miele mía nɔviwo tafam! Eye meɖi ʋɔnu gãa ɖe ɖe wo ŋu


Amegã, si te ame dahewo de anyi la, le ahe tsidzadza, si de anyigba, eye mehe nuɖuɖu vɛ o ene.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye aƒetɔ la kpɔ dɔla ma ƒe nublanui, eye wòɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee.


Tete eƒe hadɔtsɔla la dze klo ɖe kuku nɛ gblɔ bena:


Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me.


Elabena ɖe wònye be, wodzra ami sia la, ne axɔ asi awu denario alafa etɔ̃, si woatsɔ ana ame dahewo. Eye woblu ɖe eta li liʋiliʋi le eŋuti.


Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã?


Eye esi ŋu eke la, etso denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò.


Fenyila eve wole fetɔ ɖeka si; ɖeka nyi denario alafa atɔ̃, ke bubu nyi blaatɔ̃.


Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o.


Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa