Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye aƒetɔ la kpɔ dɔla ma ƒe nublanui, eye wòɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:27
11 Mawu Ofanana  

wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.


Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.


Ke eya la nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o; eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea esi le eƒe dziku katã ŋu o.


Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!


Tete eƒe aƒetɔ la yɔe va egbɔ, gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la;


Esi naneke mele wo si be, woaxee o la, etsɔe ke wo ame eve la katã. Azɔ wo dometɔ kae alɔ̃e awu mahã?


Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie.


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa