Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 18:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 18:17
27 Mawu Ofanana  

Eye Israel-vi, siwo gbɔ tso aboyo me la, woɖui hekpe ɖe amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me heva wo gbɔ, be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋuti.


ne miadze sii be, nyee nye Yehowa; elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu o, ke boŋ miewɔ nu ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo nu.


Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo;


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.


Ke nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo katã nɔa egbɔ vam nɔa to ɖomii.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migaɖe ha kple ahasiwɔlawo o.


Alo ne mia dome amea ɖe he nya ɖe xɔlɔ̃via ŋuti la, ado dzi be, yeahee ayi ʋɔnu ɖe ame madzɔmadzɔwo ŋku me, eye menye ame kɔkɔewo ŋku me o mahã?


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa