Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 17:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo gblɔ bena: Migagblɔ nukpɔkpɔ la na amea ɖeke o, fiafase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 17:9
16 Mawu Ofanana  

eye wogbe nya na wo bena, woagana wòanya ye o;


Ke mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye womedze sii o: ke boŋ wowɔ nusianu, si wolɔ̃ la, ɖe eŋu. Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Ke esi woƒo wo ɖokui nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena: Wole Amegbetɔvi la ɖe ge asi na amewo


eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la wòafɔ. Eye woxa nu ŋutɔ.


Ke esi wowu mo dzi la, womekpɔ amea ɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye wogbe nya na wo bena, woagagblɔ nya le ye ŋuti na amea ɖeke o.


Eye kuvia ɖo eƒe dzilawo; ke egbe nya na wo be, woagagblɔ nusi va ve me la, na amea ɖeke o.


Eye esi gbe la ɖi la, wokpɔ Yesu ɖeka ko. Eye wozi kpi, eye wometo nusiwo wokpɔ la ƒe ɖeke na amea ɖeke le ŋkeke mawo me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa