Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 17:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 17:6
14 Mawu Ofanana  

Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.


Tete metso heyi bali la me, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le tsitre ɖe afima abe ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene, eye metsyɔ mo anyi.


Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi.


Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Eye Yesu va wo gbɔ, eye wòde asi wo ŋu gblɔ bena: Mitsi tre, eye migavɔ̃ o!


Eye medze anyi, eye mese gbea de le gbɔgblɔm nam bena: Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tim ale?


Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“


Eye mia ŋutɔwo miese gbe sia tso dziƒo, esime mieli kplii le to kɔkɔe la dzi.


Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Yehowa ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi Manoax kple srɔ̃ wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa