Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 17:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye womedze sii o: ke boŋ wowɔ nusianu, si wolɔ̃ la, ɖe eŋu. Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 17:12
25 Mawu Ofanana  

Ke esi Yohanes le gaxɔ me se Kristo ƒe dɔwɔwɔwo la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be, woaɖagblɔ ne bena:


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Ele me bena: Eliya nava gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo.


Tete nusrɔ̃lawo dze sii bena, Yohanes mawutsidetanamela ŋutie wògblɔe le na wo.


Ke esi woƒo wo ɖokui nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena: Wole Amegbetɔvi la ɖe ge asi na amewo


Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo gblɔ bena: Migagblɔ nukpɔkpɔ la na amea ɖeke o, fiafase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome.


Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


Elabena Yohanes, mawutsidetanamela va, meɖua abolo o, menoa aha o, eye miegblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ le eme.


Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa