Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 16:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,

Onani mutuwo Koperani




Mateo 16:24
18 Mawu Ofanana  

Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o.


Ke esi wodo go yina la, wokpɔ ŋutsua ɖe, si tso Kirene, amesi ƒe ŋkɔ enye Simon, eye wozi eyama dzi bena, wòatsɔ atitsoga la nɛ.


Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la.


Eye wozi Simon, Kirenetɔ, Aleksandro kple Rufo fofo, amesi tso agbleta va to wo ŋuti yina la dzi bena, wòatsɔ eƒe atitsoga la.


Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.


Amesi ke metsɔ eƒe atitsoga, eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Eye esi wokplɔe yina la, wòlé Simon, Kirenetɔa ɖe, si tso agbleta gbɔna, eye wotsɔ atitsoga la ɖo edzi, bena wòatsɔe adze Yesu yome.


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Ke egblɔ esia, bena wòatsɔ afia ku, si ƒomevi ku ge wòala akafu Mawui. Esi wògblɔ esia la, egblɔ nɛ bena: Dze yonyeme!


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wotsɔa? Wò la dze yonyeme!


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo;


Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.


Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa