Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 16:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 16:21
31 Mawu Ofanana  

Salu, Amok, Xilkiya kple Yedaya. Amesiawo nye nunɔlawo kple wo nɔviwo ƒe tatɔwo le Yesua ŋɔli.


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.


Ke mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye womedze sii o: ke boŋ wowɔ nusianu, si wolɔ̃ la, ɖe eŋu. Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee.


Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo gblɔ bena: Migagblɔ nukpɔkpɔ la na amea ɖeke o, fiafase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Eye esi wòbe, yeaɖe nu le eme kasia la, kpɔ ɖa, Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, va; do, eye ameha gãa ɖe le eyome kple yiwo kple kpowo tso nunɔlagã kple ɖumegãwo gbɔ.


Eye esi nunɔlagãwo kple dumegãwo tso enu la, meɖo nyaa ɖeke ŋu o.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa.


Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Ke egblɔ na wo bena: Eliya gbɔna gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo; eye aleke woŋlɔ ɖi le Amegbetɔvi la ŋuti bena, akpe fu geɖe, eye woado vloe mahã?


Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe.


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


amesiawo ɖe wo ɖokui fia le ŋutikɔkɔe me, eye woƒo nu le eƒe gododo, si nu wu ge wòala le Yerusalem la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa