Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 16:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 16:19
14 Mawu Ofanana  

Matsɔ Dawid ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ, aʋui, eye amea ɖeke madoe o; adoe, eye amea ɖeke maʋui o!


Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si ke míabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nusianu, si ke miatu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒo.


Amesiwo ke ƒe nuvɔ̃wo mietso ke wo la, wotsɔ wo ke wo, eye amesiwo ke to mietsɔ dzra ɖo la, wotsɔ wo dzra ɖo.


Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.


Ke amesi ke mietsɔ nane ke la, nye hã metsɔe kee, elabena nye hã, ne matsɔ nane ke la, metsɔe ke le mia ta Me Kristo ƒe ŋku me,


Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa