Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 16:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 16:17
25 Mawu Ofanana  

Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.


Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.


bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,


(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.


Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa