15 Egblɔ na wo bena: Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã?
15 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?”
Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.
Eye woawo gblɔ bena: Ɖewo bena, Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena, Elia ye, eye amea ɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.
Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!
Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.
Eye wògblɔ na wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ bena: Mawu ƒe Kristo la.