Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 15:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 15:36
14 Mawu Ofanana  

Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo.


Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba;


Eye esi wòtso kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi hegblɔ bena: Mixa esia, eye mimã me le mia nɔewo dome;


Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.


eye ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo afisi medidi tso teƒe, si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe le la, gbã o.


Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me.


Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã?


Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa