Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 15:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Mateo 15:24
13 Mawu Ofanana  

Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.


Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome.


Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.


Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa