Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 15:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.

Onani mutuwo Koperani




Mateo 15:19
24 Mawu Ofanana  

Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Melé fu adzɔveeɖulawo, ke melɔ̃a wò se la.


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Bometsila ƒe tameɖoɖo enye nuvɔ̃, eye fewuɖula enye ŋunyɔ na amegbetɔwo.


Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.


eya, amesi ƒe dzi me ayedzedze le, edoa va de tame ɣesiaɣi, eye wòdea dzra aƒe.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Woƒe afɔwo le du dzi ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be wòakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ le wo toƒewo.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Bileam ɖo ŋu na tedzinɔ la bena: Esi nedo tsukunɔm ta! Ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃!


Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.


Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa